Revelation of John 10

Mawudɔla kple agbalẽ sue la

1Tete mekpɔ mawudɔla triakɔ bubu wòtso dziƒo gbɔna. Alilĩkpo nye awuɣlaya wòdo eye anyieʋɔ le eƒe ta dzi, eƒe mo le abe ɣe ene eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene. 2Elé agbalẽ sue aɖe ɖe asi, esi le ʋuʋu le eƒe asiƒome. Etsɔ eƒe ɖusifɔ da ɖe atsiaƒu me tsɔ eƒe miafɔ da ɖe anyigba dzi, 3eye wòdo ɣli sesẽ aɖe abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene. Esi wòdo ɣlia la, dziɖegbe adreawo ƒe gbe ɖi. 4Esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu eye mègaŋlɔe da ɖi o.”

5Ke mawudɔla si mekpɔ wònɔ tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la, do eƒe ɖusibɔ ɖe dziƒo, 6eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kpakple nu siwo katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam bena, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o! 7Gake le ŋkeke siwo me mawudɔla adrelia aku eƒe kpẽa la, Mawu ƒe nu ɣaɣla la ava eme abe ale si ko wòɖe gbeƒãe na eƒe dɔla nyagblɔɖilawoe ene.”

8Esi gbe si mese tso dziƒo gaƒo nu nam la, egblɔ nam be, “Heyi nàxɔ agbalẽ si le ʋuʋu le mawudɔla si le tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la ƒe asime.”

9Ale meyi ɖe mawudɔla la gbɔ eye mebiae be wòatsɔ agbalẽ sue la nam. Egblɔ nam be, “Xɔe eye nàɖui. Atrɔ azu nu veve le wò dɔme, gake le wò nume ya avivi abe anyitsi ene.” 10Mexɔ agbalẽ sue la le mawudɔla la si eye meɖui. Evivi le nye nume abe anyitsi ene ke esi meɖui vɔ la, etrɔ zu nu veve le nye dɔme. 11Eyi edzi gblɔ nam be, “Ele na wò be nàgagblɔ nya ɖi tso ame geɖewo, dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.”

Copyright information for EweBEE